Categories
POETRY

LE AKƆDAƔI SIA

A
Le akɔdaɣi sia
Dukɔmevi lɔlɔtɔwo,
Migatrɔ mìa ɖokuiwo zu agbeli dzekpolowo
…le dukɔa tutu ɖo fe fufutoto me
…be sedzikpɔlawo fe asibidɛwo
…nava ɖe mi aƒu gbe ɖe gakpɔ me
…be miaƒe agbedome nava gblẽ o
Kpɔ ɖa! Ne ete ŋu si le wo nu alekekeake hã la,
…dunyahehawo afli wò kpokpokpo
Be gbadagba ŋutasẽlawo nava vuvu wò
…atrɔ dukɔ sia azu ŋunyɔnu

B
Le akɔdaɣi vevi sia
Nyadzɔdzɔdɔwɔla lɔlɔawo
Migatrɔ mia ɖokuiwo zu avutsu klẽnɔwo
…anɔ wowom wowowo ne ŋutifafa li
Gake ahana womagaxɔ mia dzi se le nyadzɔgbewo
…atsɔ dunyahehawo fe dzi ade xaxa me
…be wo yomedzelawo nado avugo ɖe wo nɔewo ŋu o
Miawoe nye dukɔ la fe ŋku kple nu
Ta, milè be na miaƒe adewo
Ye miaƒe nuŋlɔtsiwo nanye tsi vavãwo

C
Le akɔdaɣi sia
Nɔvi dunyahelawo
Minyae be yewoe nye dukɔa fe sɔti
…menye miawoe akaka dukɔ sia o
Eyata miafe dziwo naɖi de me bɔkɔɔ
…be miazɔ le ŋutifafa me
“Ame sia de fetsum
…ekemɛ kam du”
Metsonuwoe nye hunyahunya kple dukɔa ƒe nunɔamesiwo dome gbegblẽ.
Ne miekaka dukɔ si dzi miebe yewoaɖu ɖe,
…ekae aganɔ mia te le etsɔ me?

D
Le akɔdaɣi sia
Akɔdadadzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo
Mina be numekɔkɔ kple nyateƒe nawɔ dɔ
Be dzixɔse nabla dziwo katã ɖe ŋutifafa ƒe atiwo ŋu.
Ne ame dzi dede ɖe amenɔvi ŋu nye miaƒe gomea,
Ahe aʋawɔwɔ manyatalenuwo kple dugbagbã ave

E
Taflatse, miɖo ŋku edzi be
Ghana ɖeka koe le mìa si
Eya deka pɛ koe nye mía denyigba
Minyae be
Ne agalã fe akplɔwo kple afɔ viwo fli ɖa pɛ ko la,
Anya lé na elélawo kaba woatsɔ aƒo numedetsie
Eyata dukɔ sia le ko abe meli si agba sam le aƒu ƒe gogloƒe ene
Ne melia ŋɔ vie koa,
…anyrɔ
Agblẽ agbedome na mí eɖolawo keŋkeŋkeŋ
Amoafowaa Sefa Cecilia
Translated into Ewe by Simon K. Kokofi with the help of Bruce Senam McBrian

By amoafowaa

Just a simple Ghanaian trying to find the best in our society. I may be fun, I may be interesting, I may be funny, I may even be foolish or intelligent, but it is all based on the mood in which you find yourself. I believe our minds make us who we are. Know that, pain, no matter its 'unbearability', is transient. Unburden or delight yourself for a while in my writings please. And all corrections, advice and opinions are welcome. Know that you are the king, queen or royal on this blog. :)

Leave a Reply

Fill in your details below or click an icon to log in:

WordPress.com Logo

You are commenting using your WordPress.com account. Log Out /  Change )

Facebook photo

You are commenting using your Facebook account. Log Out /  Change )

Connecting to %s